Yehowa Ðasefowo ƒe Internet dzi Nyatakaka Dzraɖoƒe

Gɔmedzedze Beliefs Future Medical Topics Contact Us Publications Languages

Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?

Esi do ŋgɔ

Míele Kpewòm

Edzɔ dzi na mí be míeto agbalẽ gbadza sia dzi ƒo nu kpli wò. Míexɔe se be edzɔ dzi na wò be èva srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Taflatse míele kpewòm be nàva srã mí kpɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me. Lé ŋku ɖe alesi míewɔa míaƒe kpekpewoe ŋu. Lé ŋku ɖe alesi míedzea agbagba be míagblɔ paradisonyigba si anɔ Kristo ƒe Fiaɖuƒea te ŋuti nyanyuia na ame bubuwoe ŋu.

Mawue do eƒe ŋugbe. “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Ƒe alafa geɖe va yi. Ɣeyiɣi si míetsɔ le lalamee la ɖo eƒe nuwuwu. Xexeme nɔnɔmewo ɖe esia fia.

Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.’ (Hebritɔwo 10:24, 25) Míekpe wò be nàkpe ta kpli mí le wɔwɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi me.

Àdi Be Ame aɖe Nasrã Ye Kpɔa?

 

Wotae ƒe 2000

GɔmedzedzeEtameEsi do ŋgɔ

Copyright © 2006 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. All rights reserved.